Mark 1:29-34

Gbedada le dɔléla geɖewo ŋu

(Mateo 8:14-17; Luka 4:38-41)

29Yesu kple eŋutimeawo do go le ƒuƒoƒea eye woyi Simɔn kple Andrea ƒeme, 30Simɔn lɔ̃xo nɔ aba dzi nɔ ŋudza sesẽ aɖe lém hafi wode, ale wogblɔe na Yesu. 31Yesu yi dɔnɔa ƒe aba gbɔ, elé eƒe alɔnu eye wònɔ alinu. Enumake ŋudza sesẽ la do le edzi eye wòfɔ yi ɖa ɖa nu na wo woɖu.

32Esi ɣe nɔ to ɖom la, wokplɔ dɔ ƒomevi vovovo lélawo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la va egbɔ le aƒe si me wònɔ la, be wòada gbe le wo ŋu. 33Kapernaum du bliboa katã kloe hã va ƒo ƒu ɖe teƒea be yewoakpɔ nu. 34Yesu da gbe le dɔléla ge ɖewo ŋu eye wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ame aɖewo me fĩe ma. Me ɖe mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃awo be woa ƒo nu ya o, elabena wonya ame si wònye.

Copyright information for EweBEE